Luke 5:1-11

Yesu tia eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo

(Mateo 4:18-22; Marko 1:16-20)

1Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam le Genesaret ta to la, ameha gã aɖe va ƒo zi ɖe eŋu be yewoase Mawu ƒe nya la. 2Yesu kpɔ ʋu eve siwo me ame aɖeke menɔ o la le ta la to. Ɖɔkplɔlawo nɔ woƒe ɖɔwo kpalam le tsia me. 3Yesu yi ɖage ɖe ʋua ɖeka me eye wògblɔ na Simɔn ame si tɔ nye ʋua be woakui ayi tsia dzi vie bena yeanɔ eme afia nu ameha la tso afi ma.

4Esi wòwu nuƒoa nu la, egblɔ na Simɔn be, “Azɔ miyi tsia ƒe gogoloa ƒe ke ne miada ɖɔ ɖe afi ma ekema mia ɖe lã fũ.”

5Simɔn ɖo eŋu nɛ be, “Amegã, egbe zã bliboa katã míeda ɖɔ ʋuu gake míeɖe naneke o gake esi nègblɔe ko la, míagatee akpɔ.”

6Wogada ɖɔ la ake ke azɔ la, woɖe lã ale gbegbe be woƒe ɖɔwo koe de asi vuvu me! 7Ale Simɔn kple nɔvia wodo ɣli yɔ wo nɔvi siwo nɔ ʋu bubu me le tsia dzi la be wòava kpe ɖe yewo ŋu. Wo ɖe lã fũ wòyɔ ʋu eveawo ale gbegbe be ʋuawo di be yewoanyrɔ̃ gɔ̃ hã.

8Simɔn Petro kpɔ nu si va dzɔ la, eya ta wòdze klo ɖe Yesu kɔme hegblɔ be, “O, Aƒetɔ, meɖe kuku dzo le mía gbɔ elabena nye nɔ vɔ̃wo sɔ gbɔ ŋutɔ eye nyemedze be mate ɖe ŋuwò o.” 9Elabena lã geɖe si woɖe la wɔ nuku na Petro kple eƒe dɔwɔhatiwo. 10Nenema nye Yakobo kple Yohanes ame siwo nye Zebedeo viwo eye woganye Simɔn ƒe dɔwɔhatiwo hã. Yesu gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o. Tso azɔ dzi heyina la, miazu amewo ƒe luʋɔwo ɖelawo!”

11Esi wova ɖi go teti ko la, wogblẽ woƒe nuwo katã ɖe afi ma hedze Yesu yome.

Copyright information for EweBEE